Matthew 13

Lododo le nukuwula ŋuti

(Marko 4:1-9; Luka 8:4-8)

1Gbe ma gbe Yesu do go tso aƒea me yi ɖanɔ anyi ɖe ƒua nu. 2Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe eŋu ale gbegbe be ege ɖe ʋu aɖe me eye wòyi ɖe ƒua dzi vie bɔbɔ nɔ anyi ke ameha la tɔ ɖe ƒua ta. 3Egblɔ nya geɖewo na wo to lododo me be, “Agbledela aɖe yi nuku wu ge. 4Esi wònɔ nukua wum la, ɖewo ge ɖe mɔ to eye xeviwo va fɔ wo mi. 5Ɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi afi si ke sue aɖe ko nɔ, nuku siawo tsi vlɔvlɔvlɔ, 6gake esi ŋdɔ ʋu ɖe wo dzi la, woyrɔ eye woku elabena woƒe kewo mede to o. 7Nuku bubuwo ge ɖe ŋu me, eye ŋu vu tsyɔ wo dzi woku. 8Ke nuku aɖewo hã ge ɖe anyigba nyuitɔ la dzi, eye womie tsi hetse ku geɖewo, ɖewo tse blaetɔ̃, bubuwo tse blaade eye ɖewo hã tse alafa. 9Ne tosenu li na mi la, mise nya siawo.”

Lododo la ƒe taɖodzinu

(Marko 4:10-12; Luka 8:9-10)

10Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae bena, “Nu ka ta ɣesiaɣi ko nènɔa nu fiam amewo to Lododo me ɖo?”

11Eɖe eme na wo bena woawo nusrɔ̃lawo koe wona mɔnukpɔkpɔ be woanya nu si dziƒofiaɖuƒe la nye, ke womene mɔnukpɔkpɔ sia ame bubuwo o.

12Ame si si nu le la, eyae woana nui ale be nu si le esi la nasɔ gbɔ ɖe dzi, ke ame si si nu mele o la, sue si le esi hã la woaxɔe le esi woatsi asi ƒuƒlu 13Nu sia tae metsɔa lododo fia nu amewoe ɖo be, tɔgbɔ be woanɔ nua kpɔm hã la womakpɔe adze sii o, eye woanɔ esem gake womase egɔme o.

14“Nya sia wu nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia nu bena, ‘Wosea nya, ke womesea egɔme o, wokpɔa nu, ke womedzea si nu si wokpɔ la o! 15Elabena woƒe dziwo ku atri hedo kpeɖi, woƒe towo hã tri, eye woŋe aɖaba ƒu nu siwo wokpɔ la dzi, 16elabena womekpɔa nu alo sea nu gɔme ale be woagatrɔ ɖe Mawu ŋu eye mada gbe le wo ŋu o,’ ke woyra miawo ya ƒe ŋkuwo kple towo, elabena wokpɔa nu eye wodzea sii, wosea nya eye wosea egɔme. 17Mawuvɔ̃la geɖewo kple nyagblɔɖila geɖewo di vevie bena yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele eye yewoase nya siwo sem miele gake womete ŋui o.

Yesu ɖe lododo tso nukuwula ŋu gɔme

(Marko 4:13-20; Luka 8:11-15)

18“Lo si medo tso nukuwula ŋuti la ƒe gɔmeɖeɖee nye si! 19Anyigba alo mɔto afi si nuku aɖewo ge ɖo la, nye ame aɖe ƒe dzi. Ame sia sea nyanyui la tso mawufiaɖuƒe la ŋuti gake mesea egɔme o, ale Satana vana eye woɖea nyanyui la le eƒe dzi me. 20Kpenyigba lae nye ame si sea nyanyui la eye eƒe dzi xɔnɛ kple dzidzɔ, 21gake dzi sia meli ke o, ale be mawunya la meƒoa ke ɖe to o, ale le ɣeyiɣi ʋee aɖe ko megbe nenye be fukpekpe kple yometiti va la, eƒe xɔse nu tsina eye wòdea megbe. 22Anyigba si dzi yɔ kple ŋuve lae nye ame si sea mawunya la gake dzitsitsi ɖe xexemenuwo kple kesinɔnuwo ŋu hea eƒe susu ɖa tso mawunya la gbɔ, eya ta metsea ku aɖeke na Mawu o. 23Anyigba nyui lae nye ame si ƒe dzi sea mawunya la eye wòsea egɔme, eye eya hã yina ɖakplɔa ame blaetɔ̃, blaade alo alafa ɖeka bubu gɔ̃ hã vana dziƒofiaɖuƒea mee.”

Lododo le gbe wuwluiwo ŋuti

24Lo bubu si Yesu gado hãe nye esi, “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ame si ƒã bli ɖe eƒe agble me ene 25ke esi wòmlɔ anyi le zã me la, eƒe futɔ va ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe bliawo dome. 26Esi bliawo de asi tsitsi me la, gbeku vɔ̃awo hã tsi kpli wo.

27“Agblea dzi kpɔlawo va agbletɔ la gbɔ va biae be, ‘Aƒetɔ, alo menye nuku nyui nèƒã ɖe wò abɔ me oa? Afi ka gbeku vɔ̃ siawo tso?’

28“Agbletɔ la ɖo eŋu na wo bena, ‘Futɔ aɖe kokokoe wɔ nenem nu sia.’

“Agbledzikpɔlawo biae bena, ‘Ekema miho gbeku vɔ̃awo ƒu gbe mahã?’

29“Eɖo eŋu na wo bena, ‘Gbeɖe, migawɔe o, ne miebe yewoaho gbeku vɔ̃awo la, miaho blia hã. 30Eya ta mina wo katã natsi aduadu va se ɖe nuŋeɣi, ekema mana nuŋelawo naho gbekuawo atɔ dzo wo, eye woatsɔ bli la akɔ ɖe nye ava me!’”

Lododo le logoku kple amɔ ʋaʋã ŋuti

(Marko 4:30-32; Luka 13:18-21)

31Lo bubu si wògado na wo lae nye esi: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ʋuti ƒe ku si nye atikutsetse suetɔ kekeake si wodo ɖe anyigba tume ene. 32Togbɔ be enye atiku suetɔ wu le atikuwo dome hã la, ne etsi la, eva zua ati gã si ƒoa atiwo katã ta, eye xeviwo va wɔa atɔ ɖe eme hekpɔa gbɔdzɔe.”

33Yesu yi edzi kple lododo bubu be: “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi nyɔnu si le yevubolo wɔm. Ekua yevubolowɔ la ɖe sinu eye wòtsɔa nuʋãnu dea eme henyemanɛ va se ɖe esime yevubolomɔ la hona.”

Lododowo ŋudɔwɔwɔ

(Marko 4:33-34)

34Yesu wɔa lododo ŋutidɔ zi geɖe nenye be wòle nu ƒom na amewo, ne ele nu ƒom na wo la, edoa lo ɖeka teti na wo kokoko. 35Elabena wogblɔ nya ɖi bena, “Maƒo nu to lododowo me eye maɖe nu ɣaɣla siwo li tso gɔmedzedzea me ke la gɔme.”

Lododo le gbe wuwliwo ŋuti gɔmeɖeɖe

36Azɔ egblẽ ameha la ɖe kpɔa godo eye wòga ɖe aƒea me. Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena, “Ɖe lo si nèdo tso bligble kple gbeku vɔ̃wo ŋuti me na mi.”

37Egblɔ na wo bena, “Enyo, maɖe egɔme na mi. Nyee nye agbledela si ƒã bli ɖe nye agble me. 38Agble lae nye xexeame, eye bli lae nye ame si le mawufiaɖuƒe la me, ke gbeku vɔ̃ɖia woe nye dzimaxesetɔwo. 39Futɔ si ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe blia me lae nye Satana, nuŋeɣi lae nye xexeame ƒe nuwuwu, eye nuŋelawoe nye mawudɔlawo.

40“Le alobalo sia me la, woɖe gbeku vɔ̃ɖiawo ɖe aga eye wotɔ dzo wo, nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu. 41Madɔ nye dɔlawo ɖa eye woaƒo ame vɔ̃ɖiwo kple nuɖianuwo katã nu ƒu, aɖe wo ɖa le mawufiaɖuƒe la me, 42woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo me eye woafia kolikoli. Afi sia avifafa kple aɖukliɖuɖu ade dzi le bobobo. 43Ke ame dzɔdzɔewo aklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe Fiaɖuƒe la me. Ame si tosenu li na la nese nya siawo.

Lododo le kesinɔnu ɣaɣla kple kpexɔasi ŋuti

44“Dziƒofiaɖuƒea le abe kesinɔnu aɖe si ŋu ame aɖe va ke ɖo le anyigba aɖe me ene. Eye le dzidzɔ si wòkpɔ le kesinɔnu sia ŋuti ta la, edzra nu sia nu si le esi bena yeakpɔ ga atsɔ ƒle anyigba sia kple kesinɔnua katã.

45“Megale egblɔm na mi be, dziƒofiaɖuƒe la ɖi dzonusitsala si le dzonu nyuiwo dim be yeaƒle adzra. 46Eva kpɔ dzonu aɖe si xɔ asi ŋutɔ eya ta eyi ɖadzra nu siwo katã le esi la eye wòƒle dzonu sia.

Lododo le ɖɔ ŋuti

47“Dziƒofiaɖuƒe la ga sɔ kple tɔƒodela aɖe si da asabu ɖe tɔme, eye wòɖe lã vovovowo, ɖuɖuawo kple maɖumaɖuawo siaa. 48Esi wòhe asabua va gotae la, enɔ anyi tia lã ɖuɖuawo ɖe afi ɖeka, ke esiwo womeɖuna o la, etsɔ wo ƒu gbe. 49Alea tututu wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu hã, mawudɔlawo ava ma ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo gbɔ 50woatsɔ ame vɔ̃ɖiwo aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu geɖe anɔ.”

Kesinɔnu yeyeawo kple xoxoawo

51Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Miese nya siawo gɔmea?” Woɖo eŋu be: “Ẽ, miese wo gɔme.”

52Ale wòɖo eŋu na wo bena, “Eya ta sefiala ɖe sia ɖe si wofia nui tso dziƒofiaɖuƒe la ŋuti la, le abe aƒetɔ aɖe si ɖe eƒe kesinɔnu yeye kple xoxoa siaa do goe tso eƒe nudzraɖoƒe ene.”

Nugbegbe le Yesu ŋu le Nazaret

(Marko 6:1-6; Luka 4:16-30)

53Esi Yesu wu Lo siawo dodo nu la, edzo le afi ma, 54etrɔ yi fofoawo de, eye wòfia nu le woƒe ƒuƒoƒe, ke ewɔ nuku na wo ŋutɔ. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nunya kple nukunu gã siwo wɔm wòle tsoe mahã?

55“Ɖe menye esiae nye atikpala la ƒe viŋutsu oa? Ɖe menye dadaa ŋkɔe nye Maria eye nɔviaŋutsuwoe nye Yakobo, Yosef, Simɔn kple Yuda oa? 56Ɖe nɔvianyɔnuwo katã mele mía dome oa? Ekema afi ka gɔ̃e ŋutsu sia kpɔ nu siawo katã tsoe?” 57Ale wokpɔ nuɖiaɖia le eŋu. Ke Yesu gblɔ na wo be, “Wodea bubu nyagblɔɖila ŋu le afi sia afi negbe le eya ŋutɔ ƒe dume kple eya ŋutɔ ƒe aƒeme ko.”

58Ale mewɔ nukunu geɖewo le afi ma o le woƒe dzimaxɔse ta.

Copyright information for EweBEE